2 Timothy 1

1Agbalẽ sia tso nye Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔ 2na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la, kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.

Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanye nuteƒewɔla

3Timoteo, medaa akpa na Mawu ɖe tawò. Medoa gbe ɖa ɖe tawò gbe sia gbe. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zãwo me be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò. Eyae nye fofonyewo ƒe Mawu kple nye Mawu eye nye taɖodzinu le agbe sia me koe nye madze eŋu.

4Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.

5Menya ale si nèɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ la ŋu abe dawò Enuike kple mamawò Loide ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.

6Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nade dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe me wò to nye asidada ɖe dziwò me la me, 7elabena Mawu mena vɔvɔ̃ gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔe wòna mi. 8Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣeaɖekeɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo, alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Anɔ klalo be yeakpe fu kplim le Aƒetɔ la ta, elabena Aƒetɔ la ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.

9Eyae ɖe mi eye wotia mi na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexeame be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo dzi. 10Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mi to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Yesu Kristo ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to edzi xɔxɔse me. 11Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.

12Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.

13Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe vevitɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Yesu tsɔ na wò la ŋu. 14Lé be na ŋutete si Mawu na nexɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.

15Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la, gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi. 16Aƒetɔ la nayra Onisifero kple eƒe aƒe blibo la elabena ekpɔam ɖa eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o. 17Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi eye wòke ɖe nunye mlɔeba. 18Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛe le Kristo ƒe vavagbe la dzi. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso le nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe ne wò.

Copyright information for EweBEE